Jeremiah 41:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Netania ƒe vi, Ismael kple ŋutsu ewo siwo le eŋuti la tsi tsitre, eye wotsɔ yi ƒo ɖe Gedalia, Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi eye wowu ame si Babilonia fia tsɔ ɖo mɔmefiae ɖe anyigba la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Ismael, Netanya vi, kple ŋutsu ewo, siwo kpe ɖe eŋu la, wotso, heda yi Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi la, eye wowu eya, amesi Babel-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ismael, Netanya vi kple ŋutsu ewo siwo kpe ɖe eŋu la tso, he woƒe yiwo ɖe go, eye wowu Gedalya, Axikam vi, Safan vi, ame si Babilon-fia tsɔ ɖo anyigba la nu.