Jeremiah 41:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ismael, Netania ƒe vi, tso le Mizpa kple avi hehehe yina wo kpe ge. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be, “Miva Gedalia, Ahikam vi la gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Ismael, Netanya vi la, do tso Mizpa le avi dzi yi ɖakpe wo, eye esi wòdo go wo la, egblɔ na wo bena: Miva miyi Gedalya, Axikam vi la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Ismael, Netanya vi la, do tso Mizpa va kpe wo le avi fam. Esi wòdo go wo la, egblɔ na wo be: “Mige ɖe eme miakpɔ Gedalya, Axikam vi la ɖa!”