Jeremiah 41:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke wo dometɔ ewo gblɔ na Ismael be, “Mègawu mí o! Bli, lu, ami kple anyitsi le mía si míeɣla ɖe gbe me.” Ale mewu woawo kpe ɖe ame mamlɛawo ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wo dome ŋutsu ewo gblɔ na Ismael bena: Megawu mí o, elabena míeɖi nuwo ɖe gbe me: lu, ƒo, ami kple anyitsi. Tete wòdzudzɔ, eye mewu wo kpe ɖe wo nɔviwo ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ŋutsu ewo le ameawo dome gblɔ na Ismael be: “Míeɖe kuku, mègawu mí o. Lu, ƒo, ami kple anyitsi le mía si, míeɣla ɖe gbe me.” Ale megaxa wu wo kpe ɖe wo tɔwo ŋu o.