Jeremiah 41:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke vudo si me wòtsɔ ame siwo wòwu kpe ɖe Gedalia ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo lae nye esi Fia Asa ɖe be yeatsɔ axe mɔ na Israel fia Baasa. Ke Netania ƒe vi, Ismael yɔe fũu kple ŋutilã kukuwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vudo, si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe kukuawo ƒu gbe ɖo la, fia Asa ye ɖee le Israel-fia Baesa ta; vudo sia mee Ismael, Netanya vi la, tsɔ ame kukuawo ɖee fũ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ vudo si me Ismael tsɔ ŋutsu, siwo katã wòwu kpe ɖe Gedalya ŋu ƒe ŋutilã kukuawo ƒu gbe ɖo la, nye vudo gã aɖe si fia Asa ɖe, tsɔ xe mɔ na Israel-fia Baesa. Ismael, Netanya vi la, fɔ ame kukuawo kɔ ɖe eme tsɔ xee.