Jeremiah 42:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Abe ale si wotrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ kɔ ɖe ame siwo nɔ Yerusalem dzii ene la, nenema kee woatrɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ la akɔ ɖe mia dzii ne mieyi ɖe Egipte. Miazu ɖiŋudonu, ŋɔdzinu, atamkanu kple alɔmeɖenu eye miagakpɔ teƒe sia akpɔ gbeɖe o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Alesi metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ko ɖe Yerusalemtɔwo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku akɔ ɖe mia dzii, nenye be, mieyi Egipte; miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu, eye miagakpɔ teƒe sia kple ŋku o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la le gbɔgblɔm be: Ale si metrɔ nye dɔmedzoe kple nye dziku ƒo ɖe Yerusalemnɔlawo dzii la, nenema ke matrɔ nye dziku aƒo ɖe mia dzi, ne mieyi Egipte. Miazu atamkanu, ŋɔdzinu, ɖiŋudonu kple alɔmeɖenu; miagakpɔ teƒe sia ya akpɔ o.