Jeremiah 42:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gblɔ na nyagblɔɖila Yeremya bena: Míetsɔ míaƒe kokoƒoƒo bɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le ŋkuwò me: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe mía ta le ame susɔeawo katã ŋuti, elabena mí ame ʋee siawoe kpɔtɔ tso ame gbogboawo dome, abe alesi wò ŋku le mía kpɔmi ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
gblɔ na Yeremya, gbeƒãɖela la be: “Nyo dɔme na mí nàse míaƒe kokoƒoƒo, eye nàdo gbe ɖa na Aƒetɔ, wò Mawu la na mí, ɖe ame susɔe siawo katã ta. Elabe ame geɖe ŋutɔ míenye gake mí ame ʋɛ siawo koe susɔ abe ale si nèle mía kpɔm ene.