Jeremiah 42:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Megblɔe na mi egbe gake miewɔ ɖe nu siwo katã Yehowa, miaƒe Mawu la gblɔ nam be magblɔ na mi la dzi haɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Megblɔe na mi egbea, ke mieɖo to Yehowa, mia Mawu la ƒe gbe le nusiwo katã ŋuti wòɖom ɖe mia gbɔ ɖo la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale megblɔe na mi egbe, gake mieɖo to Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe gbe le nu siwo wògblɔ nam meva gblɔ na mi la ƒe ɖeke me o.