Jeremiah 42:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyagblɔɖila Yeremia ɖo eŋu na wo be, “Mese nya si miegblɔ; kpɔ ɖa, maɖe kuku na Yehowa, míaƒe Mawu la abe ale si miebia ene, magblɔ nya sia nya si wògblɔ nam la na mi eye nyemaɣla ɖeke ɖe mi o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nyagblɔɖila Yeremya ɖo ŋu na wo bena: Mesee! Kpɔ ɖa, maɖaɖe kuku na Yehowa, mia Mawu la, na mi, abe alesi miegblɔ ene, eye magblɔ nya sia nya, si Yehowa tso ɖo ŋu na mi la, na mi, nyemaɣla nyaa ɖeke ɖe mi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yeremya, gbeƒãɖela la, ɖo eŋu na wo be: “Mese miaƒe nya la. Kpɔ ɖa, mado gbe ɖa na Aƒetɔ, mia Mawu la na mi abe ale si miebia ene. Nya si wòtsɔ ɖo eŋui la, magblɔe na mi. Nyemaɣla nya aɖeke ɖe mi o.”