Jeremiah 42:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔ na Yeremia be, “Ɖekoe Yehowa nanye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla ɖe mía ŋu ne míewɔ ɖe nu sia nu si Yehowa, wò Mawu la dɔ wò be nàgblɔ na mí la dzi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ na Yeremya bena: Yehowa nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla na mí, nenye be, míewɔ ɖe nya, siwo katã Yehowa, wò Mawu, aɖo ɖe mí la nu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wogblɔ na Yeremya be: “Aƒetɔ nenye ɖasefo anukwaretɔ kple nuteƒewɔla na mí, nenye be míewɔ ɖe nya siwo katã eya, Aƒetɔ, wò Mawu la agblɔ ɖo ɖe mí la nu o.