Jeremiah 43:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Mele ame dɔ ge aɖo ɖe nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia eye matsɔ eƒe fiazikpui aɖo kpe siwo meɖi ɖe teƒe sia la dzi eye wòakeke eƒe dzoya ɖe wo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mado woaɖakplɔ nye dɔla Babel-fia Nebukadnezar vɛ, ali eƒe fiazikpui ɖe kpe, siwo meɖi la dzi, eye wòakeke eƒe fiakuntruwo ɖe wo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, madɔ woayi ɖakplɔ nye dɔla Babilon-fia Nebukadnezar vɛ. Malí eƒe fiazikpui ɖe kpe siwo meɖi la dzi, eye wòakeke eƒe fiaɖuƒe ɖe enu va teƒe ma.