Jeremiah 43:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Atɔ dzo Egipte mawuwo ƒe gbedoxɔwo, atɔ dzo woƒe gbedoxɔwo eye wòaɖe aboyo woƒe mawuawo. Abe ale si alẽkplɔla tsɔa avɔ xatsana ɖe eɖokui ŋu ene la, nenema wòatsɔ Egipte abla ɖe eɖokui ŋu eye wòadzo kɔ̃ɔ le dedinɔnɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mado dzo ɖe Egipte-mawuwo ƒe me, eye wòatɔ dzo wo ahaɖe aboyo wo, ado Egipte-nyigba, abe alesi lãkplɔvi ɖoa awu ʋlayae ene, eye wòadzo le ŋutifafa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ado dzo ɖe Egipte-mawuwo subɔƒe. Atɔ dzo wo, eye wòaɖe aboyo wo tso Egipte-nyigba dzi adzoe. Babilon-fia afɔ nuwo le Egipte-nyigba dzi keŋkeŋ abe ale si alẽkplɔla fɔa axɔ̃ ɖekaɖeka le eƒe awu mee la ene, eye wòadzo le afi ma ayi le ŋutifafa me.