Jeremiah 43:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le esia teƒe la, Yohanan, Karea ƒe vi kple asrafomegãwo katã kplɔ ame siwo susɔ ɖe Yuda, ame siwo trɔ gbɔ be woava nɔ Yudanyigba dzi tso dukɔ siwo katã me wokaka ɖo la dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoxanan, Kareax vi, kple aʋafiawo katã kplɔ Yuda ƒe ame susɔea, siwo katã trɔ gbã tso dukɔwo katã dome, afisi wokaka hlẽ ɖo, be yewoava ana Yuda-nyigba dzi,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Yehohanan, Kareax vi kple aʋakplɔlaawo katã kplɔ ame siwo katã susɔ le Yuda, eye wotrɔ gbɔ tso dukɔ siwo me wokaka ɖo la be yewoava nɔ Yuda-nyigba dzi la, dzoe.