Jeremiah 43:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo kple fiavinyɔnu siwo aʋafia, Nebuzaradan gblẽ ɖe Ahikam ƒe vi, Safan ƒe vi, Gedalia gbɔ hekpe ɖe Nyagblɔɖila Yeremia, Neria ƒe vi, Baruk gbɔ la hã dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, fia vinyɔnuwo kple amesiwo katã fia ŋu srafowo ƒe amegã Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi si me la, hekpe ɖe nyagblɔɖila Yeremya kple Barux, Neriya vi la ŋu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wokplɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo, fiavinyɔnuwo kple ame bubu siwo katã fia ŋu srafowo ƒe tatɔ Nebuzaradan gblẽ ɖi ɖe Gedalya, Axikam vi, Safan vi la si me hekpe ɖe Yeremya, gbeƒãɖela la kple Barux, Neriya vi la ŋu dzoe.