Jeremiah 44:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yuda ƒe ame mamlɛ siwo si yi ɖe Egipte la dometɔ aɖeke masi alo atsi agbe be wòatrɔ ayi ɖe Yudanyigba dzi, afi si ŋu woƒe dzi ku ɖo vevie be woaɖanɔ o; ame aɖeke matrɔ agbɔ o, negbe aʋasila aɖewo ko.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke masi alo asusɔ le Yuda ƒe ame mamlea, siwo yi, be woaɖanye amedzro le Egipte-nyigba dzi la dome agbugbɔ ayi Yuda-nyigba, si le wo dzrom be, yewoagbugbɔ aɖanɔ afima la dzi o; elabena womelé gbugbɔ ge ayi o, negbe ame sisia ɖewo ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yuda-dukɔa ƒe ame susɔea siwo va Egipte-nyigba dzi nɔ ge la dometɔ aɖeke masí, alo atsi agbe, alo agbugbɔ ayi ɖe Yuda-nyigba dzi, afi si le wo dzrom be yewoatrɔ yi aɖanɔ la akpɔ o. Elabe womagatrɔ ayi o, negbe aʋasíla aɖewo ko.”