Jeremiah 44:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Miawo ŋutɔ kple mia srɔ̃nyɔnuwo, to miaƒe nuwɔnawo me, ɖe ŋugbe si miedo la fia, esi miegblɔ be, míawɔ adzɔgbe si míeɖe be míado dzudzɔ ʋeʋĩ, aƒo aha ɖi na Dziƒofianyɔnu la dzi godoo.’ “Eya ta, miyi edzi, miwɔ ɖe miaƒe ŋugbedodowo dzi! Milé miaƒe adzɔgbeɖeɖewo me ɖe asi!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mia kple mía srɔ̃wo mieƒo nu kple miaƒe nu, eye mietsɔ miaƒe asiwo wɔ edzi gblɔ bena: Mina míawɔ míaƒe adzɔgbe, si míeɖe la dzi, ne míado dzudzɔ na dziƒo fianyɔnu, eye miaƒo tsi ɖe anyi nɛ. Mili ɖe miaƒe adzɔgbeɖeɖewo dzi, eye nuwo miaƒe ŋugbedodowo dzi ko!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: ‘Mi kple mia srɔ̃wo miewɔ nu si mieke nu gblɔ la dzi, eye mietsɔ asi wɔe hã hegblɔ be: Míawɔ adzɔgbe si míeɖe la dzi godoo be míatɔ dzo lifi na dziƒofianyɔnua, eye míaƒo tsi ɖi nɛ. Milé adzɔgbe si mieɖe la me ɖe asi, eye miwɔ edzi.’