Jeremiah 44:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo asi le yi nu le Egipte atrɔ ayi Yudanyigba dzi la anɔ ʋɛe ko, ekema Yuda ƒe ame mamlɛawo katã, ame siwo va Egipte nɔ ge la, anya ame si ƒe nya le eteƒe, tɔnye loo, alo wo tɔ.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo si le yi nu la, agbugbɔ tso Egipte-nyigba dzi ayi Yuda-nyigba dzi, eye woanye ame xexlẽewo; eye Yuda ƒe ame susɔeawo katã, amesiwo yi Egipte, be woanye amedzro le afima la, adze si amesi ƒe nya le eme, tɔnye loo alo wo ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo meku le aʋa me o la, anɔ ʋɛ agbugbɔ tso Egipte-nyigba dzi ayi Yuda-nyigba dzi. Ale Yudatɔ siwo katã susɔ yi be yewoaɖanɔ Egipte-nyigba dzi la, anya ame si ƒe nyae le eme: tɔnye alo wo tɔ.