Jeremiah 44:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe mieŋlɔ nu vɔ̃ɖi si mia fofowo, Yuda fiawo kple fiasrɔ̃wo wɔ kple nu vɔ̃ɖi siwo miawo kple mia srɔ̃wo miewɔ le Yudanyigba dzi kple Yerusalem kpɔdomewo bea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe mieŋlɔ mia fofowo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, Yuda-fiawo kple woƒe amegãwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, miawo kple mia srɔ̃wo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, siwo wowɔ le Yuda-nyigba kple Yerusalem-kpɔdomeewo la bea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðe mieŋlɔ mia tɔgbuiwo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, Yuda-fiawo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, wo srɔ̃wo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, miawo ŋutɔ ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye kple mia srɔ̃wo ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye si wowɔ le Yuda-nyigba dzi kple ablɔwo me le Yerusalem la bea?