Jeremiah 45:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nye nya si Nyagblɔɖila Yeremia gblɔ na Neria ƒe vi, Baruk esi Baruk ŋlɔ nya siwo wògblɔ nɛ ɖe lãgbalẽ dzi vɔ megbe. Esia va me le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyagblɔɖila Yeremya ƒe nya, si wògblɔ na Barux, Neria vi la, esime wòŋlɔ nya siawo tso Yeremya nu ɖe agbalẽ me le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me la, enye si:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me la, Yeremya, gbeƒãɖela la gblɔ nya siawo na Barux, Neriya vi la wòŋlɔ ɖe agbalẽ me be: