Jeremiah 46:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake gbe ma gbe nye Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la tɔ, hlɔ̃biaŋkeke wòanye, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu va se ɖe esime wòaɖi ƒo eye ano ʋu va se ɖe esi me wòaɖi kɔ elabena Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, asa vɔ le anyiehenyigba dzi, le Frat tɔsisi la to.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbemagbe enye hlɔ̃biagbe na Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, ne wòabia hlɔ̃ eƒe futɔwo. Yi aɖu nu aɖi ƒo, eye wòamu woƒe ʋu; elabena Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, le vɔsaŋkekenyuie ɖum le anyiehe-nyigba dzi, le Frat-tɔsisi la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbe ma gbee nye Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la ƒe ŋkeke, hlɔ̃biagbe wònye. Ele hlɔ̃ bia ge eƒe futɔwo na eɖokui. Yi avuvu nu, aɖi ƒo; ano woƒe ʋu amu elabe Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la le vɔ sam le dzigbemenyigba dzi le Frat-tɔsisia nu.