Jeremiah 46:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Miɖe gbeƒã le Egipte, mido kpoe le Migdol eye mido kpoe le Memfis kple Tapanhes hã. ‘Mitso miadzra ɖo, ne mianɔ mia nɔƒewo elabena yi wu ame siwo ƒo xlã mi godoo.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mido kpo le Egipte, miɖe gbe ƒã le Migdol, eye miɖe gbe ƒã le Nof kple Taxpanxes! Migblɔ bena: Tso nadzra ɖokuiwò ɖo, elabena yi le nu ɖum le ŋuwò godoo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mido kpo le Egipte-nyigba dzi. Miɖe gbeƒã le Migdol, Memfis kple Taxpanxes duwo me. Migblɔ be: ‘Mitso, miʋli mia ɖokui ta elabe yi avuvu nu ƒo xlã mi.’