Jeremiah 46:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso Egipte ŋu: Esia nye gbedeasi na Egipte fia Farao Neko ƒe aʋakɔwo, ame siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar ɖu le Frat tɔsisi la nu le Karkemis le Yuda fia, Yehoyakim, Yosia ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Hena Egipte, ɖe Egipte-fia Farao Nexo ƒe aʋakɔ, si le Frat-tɔsisi nu le Karkemis gbɔ, eye Babel-fia Nebukadnezar sii le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me la ŋu:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbedeasi ku ɖe Egipte ŋu: Gbedeasi si wògblɔ ɖe Egipte Fiagã Nexo ƒe aʋakɔ si le Frat-tɔsisi nu le Karkemis gbɔ la ŋu. Le Yehoyakim, Yosiya vi, ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè enelia me, esime Babilon-fia Nebukadnezar ɖu edzi lae nye esi: