Jeremiah 46:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be eƒe avewo do ale gbegbe hã la, woalã wo akɔ ɖi. Ameawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo eye womate ŋu axlẽ wo o. Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Woaƒo eƒe ave, si ɖo kpekpekpe, elabena wosɔ gbɔ wu ʋetsuviwo, eye womelé xexlẽ me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaƒo eƒe ave dodo la, Aƒetɔ lae gblɔe, togbɔ be ame mate ŋu age ɖe eme o hã. Elabe woƒe aʋawɔlawo sɔ gbɔ wu ʋetsuviwo, womele xexlẽme o.