Jeremiah 46:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“O Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o; O Israel, wò mo megatsi dãa o. Maɖe wò godoo tso didiƒenyigba aɖe dzi kple wò dzidzimeviwo tso anyigba si dzi woɖe aboyo wo ɖo ɖo la. Yakob aganɔ anyi le ŋutifafa kple dedinɔnɔ me eye ame aɖeke mado ŋɔdzi nɛ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o, eye Israel, dzi megaɖe le ƒowò o; elabena maɖe wò atso didiƒe kple viwòwo atso woƒe aboyonyigba dzi; Yakob atrɔ agbɔ, ava no anyi aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, eye amea ɖeke mado voɖi nɛ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke wò Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o. Israel-dukɔ, dzi megaɖe le ƒowò o. Elabe, kpɔ ɖa, maxɔ na mi tso didiƒe ʋĩi si miele. Maxɔ na mi kple miaƒe dzidzimeviwo siaa tso anyigba si dzi miele aboyo me le la. Yakob atrɔ gbɔ, ava nɔ anyi aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ; ame aɖeke mado vɔvɔ̃ nɛ o.