Jeremiah 46:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mègavɔ̃ o, O nye dɔla Yakob, elabena meli kpli wò. Togbɔ be metsrɔ̃ dukɔ siwo katã me mekaka mi ɖo ɖo keŋkeŋ hã la, nyematsrɔ̃ wò ya keŋkeŋkeŋ o. Mahe to na wò gake ɖe dzɔdzɔenyenye dzi; Ɖekoe nyemana nàyi tomahemahee kura o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Wò, nye dɔla Yakob, megavɔ̃ o; elabena meli kpli wò, eye matsrɔ̃ dukɔ, siwo katã dome menyã wò ɖo ɖo la gbidigbidi; ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o; nyemagbe tohehe na wò o, ke boŋ mahe to na wò ɖe ɖoɖo la nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wò Yakob, nye dɔla, mègavɔ̃ o, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe meli kpli wò. Matsrɔ̃ dukɔ siwo katã dome menyà mi ɖo ɖa la keŋkeŋ. Ke wò la, nyematsrɔ̃ wò keŋ o. Nyemagbe tohehe na wò ya o, ke boŋ mahe to na wò abe ale si dze ene.”