Jeremiah 46:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu eye miade sɔwo dzi! Miɖɔ gakukuwo, mido mia tɔ ɖe mia nɔƒewo! Minyre miaƒe akplɔwo eye miado miaƒe gawuwo!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitsi sɔtsuwo ɖe tasiaɖam ŋu, eye miɖe sɔwo dzi, miɖo gakukuwo miado, minyre akplɔwo, eye mido gawuwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitsi sɔwo ɖe tasiaɖamwo ŋu. Sɔdolawo, mide wo dzi. Miɖɔ gakuku, mianɔ fli me. Minyre miaƒe akplɔwo, eye mido gawu.