Jeremiah 47:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ale si tɔwo le ɖɔɖɔm le anyiehe ɖa, woaɖɔ agbagba, anɔ sisim kple ŋusẽ. Woaɖɔ axɔ anyigba kple nu sia nu si le edzi, duwo kple wo me nɔlawo katã dzi. Ameawo alé avi me sesĩe eye ame siwo katã le anyigba dzi la, afa avi kple ɣli,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, tsi tso anyiehe gbɔna, eye wòazu tɔɖɔɖɔ aɖe anyigba kple edzi nuwo, duwo kple wò me nɔlawo; amegbetɔwo ado ɣli, eye anyigbadzitɔwo afa avi
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, tsiwo ŋɔ tso dzigbeme gbɔna; woazu tɔɖɔɖɔ ava do. Woaɖe anyigba kple edzi nuwo katã. Woaɖe dua kple eme nɔlawo; amegbetɔwo ado ɣli, eye anyigba dzi nɔla ɖe sia ɖe afa avi.