Jeremiah 49:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋɔdzi si le ŋuwò kple dada si le wò dzi me la ble wò, wò si le agakpewo tome, eye nèle togbɛwo tame ke. Togbɔ be nèwɔ wò atɔ ɖe kɔkɔƒe ke abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ke aƒu anyi,” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋɔdzi lé wò; wò dzi ƒe dàda ble wò, wò amesi le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe towo ƒe tsutsuẽƒe! Ne èwɔ atɔ ɖe kɔkɔƒe abe hɔ̃ ene hã la, matutu wò aƒu anyi tso afima, Yehowa ye gblɔe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋɔdzi si le ŋuwò ble wò, eye nèdana le dzime; wò si le agatowo me, eye nètso aƒe ɖe keke towo tame ʋĩi ke lae. Togbɔ be nèwɔ atɔ ɖe kɔkɔƒe ʋĩi abe hɔ̃ ene hã la, mahe wò tso afi ma ava anyigbae. Aƒetɔ lae gblɔe.