Jeremiah 49:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Edom azu ŋɔdzinu, ame siwo katã ato eŋu ava yi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le abi siwo wòxɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Edom azu gbegbe, eye amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku wòado tsia ɖe woƒe abixɔxɔwo katã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Edom azu ŋɔdzinu, eye ame sia ame si to eŋu yina la ŋɔdzi alée, eye wòaʋuʋu ta le dzɔgbevɔ̃e siwo katã dzɔ ɖe edzi la ta.