Jeremiah 49:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Maɖe Edom ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka, abe ale si dzata doa go tso Yɔdan ƒe ave dodowo me gena ɖe gbe damawo dzi ene. Ame ka wotia da ɖi ne matɔ asi edzi wòawɔ esia? Ame ka le abe nye ene eye ame kae aʋli ho kplim? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ahayi lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ aɖo enu. Elabena ameka de nunye, ameka akplɔm ayi ʋɔnui, eye ameka nye lãkplɔvi anɔ te ɖe nunye?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, ale si dzata dona tso ave dodo me le Yordan ŋu, ɖe lãha siwo ƒo ƒu ŋui la, nenema mele wo wɔ ge woasí du adzo le egbɔ kpata, eye matia ame si melɔ̃ la wòaɖu edzi. Elabe ame kae sɔ kplim? Ame kae ate ŋu asamam? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?