Jeremiah 49:28 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nya sia ku ɖe Kedar kple Hazor fiaɖuƒe siwo dzi Babilonia fia Nebukadnezar va dze la ŋu: Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Tso, nàdze Kedar dzi eye nàtsrɔ̃ ɣedzeƒetɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe Kedar kple Xazor-fiaɖuƒe, siwo Babel-fia Nebukadnezar si la ŋu: Ale Yehowa gblɔ esi: Mitso, ne miaho ɖe Kedar ŋu, eye mitsrɔ̃ ɣedzeƒeviwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbedeasi ku ɖe Kedar kple Xazor ƒe fiaɖuƒe siwo dzi Babilon-fia Nebukadnezar ɖu la ŋu. Aƒetɔ be: “Mitso! Milũ ɖe Kedar dzi! Mitsrɔ̃ ɣedzeƒenɔlawo!