Jeremiah 49:29 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple woƒe lãhawo eye woaxɔ woƒe gbɔɖemeƒewo kple woƒe nunɔamesiwo kple woƒe kposɔwo. Amewo ado ɣli ɖe wo ŋu be, ‘Ŋɔdzi ƒo xlã mi!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woaxɔ woƒe agbadɔwo kple alẽwo, woƒe agbadɔvɔwo kple woƒe nuwo katã, eye woakplɔ woƒe kposɔwo adzoe, woaɖo ɣli ɖe wo ŋu be: Ŋɔdzi li godoo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaxɔ woƒe avɔgbadɔwo kple alẽhawo, agbadɔvɔwo kple woƒe nunɔamesiwo katã. Woakplɔ woƒe kposɔwo adzoe le wo gbɔ, eye amewo ado ɣli agblɔ ɖo ɖe wo be: ‘Ŋɔdzi le afi sia afi!’