Jeremiah 49:32 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Woƒe kposɔwo azu nuhaha eye woƒe lãha gbogboawo azu afunyinu. Makaka ame siwo le didiƒewo, be ya nalɔ wo ɖe nu eye mahe gbegblẽ va wo dzi le go sia go me.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woƒe kposɔwo kple woƒe lã gbogboawo azu nuhaha, eye makaka akotsolawo ahlẽ ɖe yawo katã me, eye mahe dzɔgbevɔ̃e tso goawo katã me ava wo dzi, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woƒe kposɔwo azu aboyonu; woƒe lãha azu nu woaha. Makaka ame siwo ƒlɔa ta kolikoli la ahlẽ ɖe afi sia afi, eye mahe dzɔgbevɔ̃e gã tso goawo katã me ava wo dzii. Aƒetɔ lae gblɔe.