Jeremiah 49:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Nyagblɔɖila Yeremia ku ɖe Elam ŋuti, nya sia va nɛ le Yuda fia Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedze ƒe ɣeyiɣiwo me:
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe gbe, si va na nyagblɔɖila Yeremya ɖe Elam ŋu le Yuda-fia Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe gɔmedzedzea me la, enye si:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yuda-fia Zedekiya dze fiaɖuɖu gɔme teti la, Aƒetɔ de gbe asi na Yeremya, gbeƒãɖela la, ɖe Elam ŋu.