Jeremiah 5:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mizɔ to Yerusalem ƒe kpɔdomewo, mitsa ŋku le teƒeteƒewo ne miabu eŋuti eye miatsa to eƒe ablɔwo dzi. Ne miate ŋu akpɔ ame ɖeka teti si awɔ nu anukwaretɔe eye wòati nyateƒe ko yome la, matsɔe ake du sia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miyi ɖatsa le Yerusalem ƒe kpɔdomeewo, mikpɔ nu, eye midze si nu, midi nu gɔme se le eƒe ablɔwo me, be míakpɔ amea ɖe loo, alo amea ɖe li, si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòbiaa nyateƒe ta sena hã, ekema màtsɔe akee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miƒu du to Yerusalem ƒe ablɔwo dzi, miayi agbɔ, miayi agbɔ. Mitsa ŋku, eye miade dzesi nu! Mitsa le eƒe kpɔdomeewo be miate ŋu akpɔ ame aɖe si wɔa nu dzɔdzɔe, eye wòdia nyateƒe yome hã. Ne miekpɔe la, ekema matsɔ Yerusalem ƒe nuvɔ̃ akee.