Jeremiah 5:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woda alakpa tso Yehowa ŋu hegblɔ bena, “Mawɔ naneke o! Vɔ̃ aɖeke mawɔ mí o eye míakpɔ dɔwuame alo yi ƒe ŋkume gbeɖe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wosẽ nu le Yehowa ŋu gblɔ bena: „Menye eyae o; dzɔgbevɔ̃e mava mía dzi o, eye míakpɔ yi kple dɔwuame kple ŋku o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dukɔ la gbe nu le Aƒetɔ gbɔ, eye wogblɔ be: ‘Mate ŋu awɔ naneke mí o. Dzɔgbevɔ̃e madzɔ ɖe mía dzi o; aʋa madzɔ o, eye dɔ mato o.