Jeremiah 5:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Esi dukɔ la gblɔ nya siawo ta la, mawɔ nye nya la wòazu dzo bibi anɔ wò nu me eye dukɔ la anye nake si wòabi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa, Mawu Zebaot gblɔ esi: Esi miele nu ƒom alea la, eyata kpɔ ɖa, mana nye nya, si le nuwo la, nanye dzo, eye dukɔ sia nanye nake, ne wòafiã wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ, Mawu, Aʋakɔwokplɔla la gblɔ be: “Esi dukɔ sia le nya siawo gblɔm ta la, kpɔ ɖa, mana nye nyawo nanye dzo anɔ nuwò, eye woawo anye nake si dzo la afiã.