Jeremiah 5:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woava ɖu wò agblemenukuwo kple wò nuɖuɖu, woaɖu viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo. Woaɖu wò alẽhawo kple nyihawo, eye woaɖu wò waintsetsewo kple gbotiwo. Woatsɔ yi agblẽ wò du sesẽ siwo ŋu nèle ŋu ɖom ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aɖu wò agblemenu kple wò abolo, aɖu wò ŋutsuviwo kple wò nyɔnuviwo, aɖu wò alẽwo kple wò nyiwo, aɖu wò weinka kple wò gbotiwo, eye atsɔ yi agba wò du sesẽ, siwo ŋu nèle dzi ɖem ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woaɖu miaƒe nu siwo mieŋe kple miaƒe nuɖuɖuwo. Woavuvu mia viŋutsuviwo kple mia vinyɔnuviwo. Woaɖu miaƒe alẽhawo kple miaƒe nyihawo, eye woatsrɔ̃ miaƒe wainkawo kple gbotiwo. Woƒe kalẽawo agbã miaƒe du sesẽ siwo ŋu miele dzi ɖom ɖo la kple yi.”