Jeremiah 5:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale be ne amewo bia be, ‘Nu ka ta Yehowa, míaƒe Mawu la wɔ esiawo ɖe mía ŋu hã?’ la, miagblɔ na wo be, ‘Esi miegbem hesubɔ dutamawuwo le wò ŋutɔ wò anyigba dzi ta la, azɔ la mianye kluviwo na dutatɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòava me, ne wogblɔ be: Nukata Yehowa wɔ nusiawo katã mí ɖo hã la, ekema naɖo ŋu na wo be: Alesi miegblẽm ɖi hesubɔ mawu tutɔwo le mia ŋutɔwo miaƒe anyigba dzii la, nenema ke miasubɔ du bubu me tɔwo le anyigba, si menye mia tɔ o la dzii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wò dukɔmetɔwo bia be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ, mía Mawu la, wɔ nu siawo katã mí?’ la, ɖo eŋu na wo be: ‘Ale si miegblẽm ɖi ɖasubɔ mawu bubuwo le miaƒe anyigba dzii la, nenemae miasubɔ dukɔ bubu me tɔwo le anyigba si menye mia tɔ o la dzi.’ ”