Jeremiah 5:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, ‘Ɖe mele be miavɔ̃m oa? Mewɔ ke be wòado liƒo na atsiaƒu, wòanye dɛ mavɔ si nu mate ŋu atso o. Ƒutsotsoewo aŋe aƒo ɖe eŋu gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋui o. Woadze agbo gake womate ŋu agbɔ liƒoa ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: Ɖe mievɔ̃am oa? Ɖe miedzona nyànyanya le ŋkunye me oa? Metsɔ ke do liƒo na atsiaƒu, eye wònye liƒo mavɔ si dzi mate ŋu agbɔ gbeɖe o. Ne ƒua dze agbo hã la, mate ŋu agbɔ edzi o; ƒutsotsoeawo nenyra, ke womate ŋu agbɔ edzi ayi akpɔ o.