Jeremiah 5:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Womegblɔna na wo nɔewo be, ‘Mina míavɔ̃ Yehowa, míaƒe Mawu la, ame si naa adametsi kple kelemetsi dzana na mí le edzaɣi eye wòkana ɖe nuŋeɣi ƒe kɔsiɖawo dzi na mí’ la o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye womegblɔ le woƒe dzi me be: mina míavɔ̃ Yehowa, mía Mawu, amesi na tsi dzana, adametsi kple keletsi ɖe wo dzaɣi la o, eya amesi wɔ nuŋeɣi ƒe kwasiɖawo dzi na mí pɛpɛpɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womegblɔna le woƒe dzime be: ‘Mina míavɔ̃ Aƒetɔ, mía Mawu la, ame si nana be tsi dzana le edzaɣi, adametsi kple kelemetsi, eye wònana mieŋea nu le eŋeɣi pɛpɛpɛ’ o.