Jeremiah 50:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yehowa ƒe dziku helĩhelĩ ta la, ame maganɔ eme o, ke boŋ azu aƒedo. Ame sia ame si to Babilonia ŋu yi la ƒe nu aku eye woaɖu fewu le woƒe abixɔxɔwo katã ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le Yehowa ƒe dɔmedzoe ta azu aƒedo kple gbegbe ɖikaa, ale be amesiame, si to Babel ŋu yina la ƒe nu aku, eye wòado tsiã le woƒe abixɔxɔwo katã ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le dɔmedzoe si Aƒetɔ do ɖe eŋu ta la, ame maganɔ edzi o, ke boŋ azu aƒedo keŋkeŋ. Ame sia ame si ato Babilon-du ŋu ayi la, ƒe nu aku, eye wòaʋuʋu ta ɖe eŋu le abi siwo katã le eŋu ta.