Jeremiah 50:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miɖe to ɖee miado ɣli ɖe eta! Ena ta, eƒe gbetakpɔxɔwo mu dze anyi eye wogbã eƒe gliwo ƒu anyi. Esi wònye Yehowa ƒe hlɔ̃biabiae ta la, mibia hlɔ̃e; miwɔe nɛ abe ale si wòwɔe na ame bubuwo ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitso ayiboopɛɛ ɖe eŋu godoo; ena ta, eƒe sɔtiwo ŋe dze eme, eye eƒe gliwo mũ, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biabia nye esia; mibia hlɔ̃e, eye miwɔ nɛ, abe alesi wòwɔ ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mido aʋaɣli hoo ɖe eŋu be ena ta! Eƒe sɔtiwo ŋe dze eme! Womu eƒe gliwo! Elabe Aƒetɔ le hlɔ̃ biam. Miawo hã mibia hlɔ̃e. Miwɔe abe ale si wòwɔ amewo ene.