Jeremiah 50:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miɖe gbeƒãe eye mido kpoe le dukɔwo dome, mikɔ aflaga dzi, ne miado bobloe; migagbe nya la katã gbɔgblɔ o, ke boŋ migblɔ be, ‘Woaxɔ Babilonia, ŋukpe alé Bel eye ŋɔdzi alé Marduk vevie. Woado ŋukpe eƒe legbawo eye ŋɔdzi alé eƒe aklamakpakpɛwo.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mido kpo le dukɔwo dome, eye miaɖe gbeƒãe! Mido aflaga ɖe dzi, eye miaɖe gbeƒãe! Migaɣlae o! Migblɔ be: ‘Woxɔ Babilon! Wodo ŋukpe Bel! Dzi ɖe le mawu Merodax ƒo. Wodo ŋukpe eƒe legbawo, eye dzi ɖe le eƒe mawuwo ƒo.’ ”