Jeremiah 50:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ʋu eƒe aʋawɔnuwo ƒe ʋɔ eye wòɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe aʋawɔnu do goe, elabena dɔ le Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ŋu wòawɔ le Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ʋu eƒe nudzraɖoƒe, eye wòɖe eƒe dziku ƒe aʋawɔnuwo do goe; elabena dɔ le; Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ŋu le Kaldea-nyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ ʋu eƒe aʋawɔnudzraɖoƒeʋɔ, eye wòhe eƒe dzikuʋawɔnuwo do goe elabe dɔ aɖe le Aƒetɔ Mawu, Aʋakɔwokplɔla la si be wòawɔ le Kaldeatɔwo ƒe anyigba la dzi.