Jeremiah 50:26 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mitso adzɔge miava ƒo ɖe edzi. Migbã eƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo, milɔe ƒo ƒu abe ale si wolia kɔ agblemenukuwo ene. Mitsrɔ̃e keŋkeŋ eye migasusɔ ame ɖeka hɔ̃ɔ hã ɖi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitso goawo katã me va ƒo ɖe edzi, miʋu nu le eƒe avawo nu, mihe trɔ ɖe anyi abe lubabla ene, eye mitsrɔ̃e gbidigbidi; migakpɔtɔ naneke ɖi nɛ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mizɔ ɖe edzi tso goawo katã me va tui. Miʋu nu le eƒe avawo nu! Milɔ nuawo li kɔe ɖi abe lubabla ene, eye mitsrɔ̃ dukɔa keŋkeŋ. Migasusɔ naneke ɖi nɛ o.