Jeremiah 50:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Ava eme be lã wɔadãwo kple amegaxiwo anɔ afi ma, eye golowo hã atso aƒe ɖe afi ma. Maganye amenɔƒe alo amewo magatso aƒe ɖi akpɔ o, tso dzidzime yi dzidzime.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata gbedadiwo kple amegãxiwo atso aƒe ɖi, eye golowo anɔ afima; ame magatso aƒe ɖi akpɔ o, eye ame manɔ eme o, tso dzidzime yi dzidzime.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Eya ta lã wɔadãwo kple agbotoewo anɔ Babilon, tsatsaboliwo hã anɔ afi ma. Ame maganɔ anyi akpɔ o, yi ɖe mavɔ me, eye womagatso aƒe ɖi o, tso dzidzime yi dzidzime.