Jeremiah 50:42 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Babilonia vinyɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Da kple akplɔ le wo si, ŋutasẽlawo wonye, eye womekpɔa nublanui o; woƒe ɣli le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, wole sɔ dzi, eye wòbia akpa abe aʋawɔla ene ɖe wò Babel-nyɔnuvi ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dati kple akplɔ le wo si, wosẽa ŋuta, eye womekpɔa nublanui na ame o. Woƒe ɣli ɖina abe atsiaƒue le gbe ɖem ene. Wole sɔwo dzi, bla akpa abe ŋutsu ene na aʋawɔwɔ kple wò Babilon vinyɔnu.”