Jeremiah 50:44 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe dzata si do go tso Yɔdan ƒe ave dodo me, hege ɖe gbe dama nyui dzi ene la, nenema maɖe Babilonia ɖe nu tso eƒe anyigba dzi zi ɖeka kpoyi! Ame kae nye ame tiatia si madɔ wòawɔ esia? Ame kae le abe nye ene eye ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye? Alẽkplɔla ka ate ŋu atsi tsitre ɖe ŋunye?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, ado tso Yordan ƒe aƒlawo me abe dzata ene ayi ɖe lãnyiƒe, si de ama ɖaa la; elabena manyãe ɖa le eŋu le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amesi metia la, eya matsɔ ado enu. Elabena amekae so kplim, amekae akplɔm ayi ʋɔnui, eye amekae nye lãkplɔvi, si anɔ te ɖe nunye?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Kpɔ ɖa, ale si dzata dona tso ave dodo me le Yordan ŋu, ɖe lãha siwo ƒo ƒu ŋui la, nenema mele wo wɔ ge woasí du adzo le egbɔ kpata, eye matia ame si melɔ̃ la wòaɖu edzi. Elabe ame kae sɔ kplim? Ame kae ate ŋu asamam? Alẽkplɔla kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?