Jeremiah 51:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mikɔ aflaga dzi ɖe Babilonia ƒe gliwo ŋu! Miyɔ dzɔla bubuwo vɛ va kpe esiwo li xoxo, miɖo gbetakpɔlawo wo nɔƒe, eye mina amewo nade xa ɖi na wo. Yehowa awɔ ɖe nu si wòɖo la dzi, awɔ nu siwo wògblɔ ɖi ɖe Babiloniatɔwo ŋuti la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitu aflaga ɖe Babel-gliwo dzi, mina dzɔlawo nasɔ gbã ɖe edzi, miɖo gbetakpɔlawo, eye miɖe amewo ɖo xa me; elabena Yehowa ɖo ta me, eye awɔ nusi wògblɔ ɖe Babeltɔwo ŋu la hã ade goe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mitu aflaga ɖe Babilon-gliwo dzi! Mina dzɔlaawo nasɔ gbɔ ɖe edzi! Mida gbetakpɔlawo ɖe wo nɔƒe! Mina amewo nade xa ɖi! Elabe Aƒetɔ wɔ nu si wògblɔ be yeɖo be yeawɔ Babilontɔwo la wu enu.