Jeremiah 51:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mi ame siwo le tɔsisi geɖewo to eye kesinɔnu geɖewo le mia si, miaƒe nuwuwu ɖo, ɣeyiɣi de be woatsrɔ̃ mi,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò amesi le lɔ gãwo to, eye kesinɔnu ɖo agbogbo ɖe asiwò, wò nuwuwu ɖo, eye dzidze, si nu woalã wò ɖo la ɖe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mi tɔ geɖewo to nɔlawo, mi ame siwo si kesinɔnu xɔasiwo le fũu, miaƒe nuwuwu ɖo; wotso miaƒe agbe ƒe ka.